Mark 3

Yesu da gbe le dɔleléla aɖe ŋu le Sabat dzi

(Mateo 12:9-14; Luka 6:6-11)

1Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum eye wòkpɔ ame aɖe si titi lé asi na le afi ma.

2Esi wònye Sabat ŋkeke dzie ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã eye ne wòwɔe la yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

3Yesu yɔ amea be neva tsi tre ɖe ameha la ŋkume. 4Etrɔ ɖe eƒe futɔwo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Sabat ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu vevi ame loo alo atsrɔ̃ amea?” Ameawo katã zi kpi eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o. 5Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Do wò asi ɖe ŋgɔ.” Amea wɔe eye enumake eƒe asi la ɖɔ ɖo.

6Esi Farisitɔwo kpɔ esia la wotso enumake yi ɖawɔ ɖoɖo kple Herodia dunyaheha si de Roma dziɖuɖu dzi la le ale si woawɔ awu Yesu la ŋuti.

Yesu yɔ dɔ ame geɖewo le futa

7Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea. 8Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nutome siwo le Yɔdan tɔsisia ƒe go kemɛ kpakple Tiro kple Sidɔn nutomewo hã va.

9Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu aɖe ada ɖi ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũ akpa la yeage ɖe eme ado le wo dome 10elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be, bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũ henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko.

11Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe ŋkume hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu Vi la.” 12Gake Yesu dea se na wo vevie be woagana amewo nanya ame si yenye o.

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo

(Mateo 10:1-4; Luka 6:12-16)

13Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi eye wòbia tso ame siwo wòtia si be woava do go ye le afi ma eye ameawo yi. 14Azɔ etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbea wotsyo gbe eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya ana amewo 15eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. 16Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye:

Simɔn, ame si wòna ŋkɔe be Petro,
17Yakobo kple Yohanes, Zebedeo vi siwo Yesu na ŋkɔe be “Dziɖegbe ƒe viwo,”
18Andrea,
Bartolomeo,
Mateo,
Toma,
Yakobo, Alfeo vi,
Tadeo,
Simɔn, ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla,
19kple Yuda Islariɔt, ame si dee asi emegbe.

Yesu kple Belzebul

(Mateo 12:22-32; Luka 11:14-23; 12:10)

20Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o. 21Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe elabena wobu be eƒe tagbɔe da.

22Gake Yudatɔwo ƒe agbelẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.”

23Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo eye wòdo lo nyanyɛ sia na wo be, “Ale ke Satana agate ŋu atsi tre ɖe Satan ŋui? 24Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo. 25Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o. 26Ne Satana tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o ke boŋ awu nu. 27Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒeme o eye wòalɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe negbe ɖe ko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 28Mele nyateƒe la gblɔm na mi bena woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo. 29Ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.”

30Yesu gblɔ nya sia elebena ameawo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eya amea me.

Ame siwo nye Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo

(Mateo 12:46-50; Luka 8:19-21)

31Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, eye wodɔ ame aɖe ɖa be wòayɔe na wo. 32Ameha gã aɖe bɔbɔ nɔ egbɔ ƒo xlãe eye wogblɔ nɛ be “Dawò kple nɔviwòŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.”

33Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinyeŋutsuwo?” 34Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinyeŋutsuwo! 35Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu enye nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu kple danye.”

Copyright information for EweBEE